-
5 Mose 17:8, 9Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 “Ne nya sesẽ aɖe dzɔ le wò du aɖe me, eye edɔdrɔ̃ sesẽ na wò akpa la, eɖanye hlɔ̃donya+ alo ʋɔnunya alo ŋutasẽnuwɔna alo dzrenya o, ekema nàtso ayi teƒe si Yehowa wò Mawu atia la.+ 9 Yi nunɔla siwo nye Lewi viwo kple ʋɔnudrɔ̃la+ si li le ŋkeke mawo me la gbɔ, eye nàtsɔ nyaa aɖo wo ŋkume, eye woadrɔ̃ nya la na wò.+
-
-
2 Kronika 19:8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 Yehosafat ɖo Lewi viwo kple nunɔlawo dometɔ aɖewo kpakple Israel ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu la dometɔ aɖewo ɖe Yerusalem hã be woanye ʋɔnudrɔ̃lawo na Yehowa ahadrɔ̃ nya na Yerusalem nɔlawo.+
-