-
1 Samuel 23:26-28Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
26 Esi Saul va to la ƒe akpa ɖeka la, David kple eƒe amewo hã le to la ƒe akpa kemɛ. Eya ta David wɔ kaba be yeasi+ le Saul nu, le ɣeyiɣi sia me la, Saul kple eƒe amewo ɖe to ɖe David kple eƒe amewo be yewoalé wo.+ 27 Kasia dɔla aɖe va Saul gbɔ va gblɔ be: “Va kaba, elabena Filistitɔwo va ƒo ɖe anyigba la dzi!” 28 Enumake Saul gbugbɔ le David yome,+ eye wòyi ɖakpe aʋa kple Filistitɔwo. Esia tae woyɔ teƒe ma be Kaklãgakpe.
-
-
2 Samuel 17:21, 22Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
21 Esi ŋutsuawo dzo la, wodo go le vudoa me yi ɖagblɔe na Fia David. Wogblɔ nɛ be: “Tso, eye netsɔ nàtso tɔa kaba, elabena ale kple ale Ahitofel ɖo ɖe ŋuwò.”+ 22 Enumake David kple ame siwo katã le eŋu la tso, eye wotso Yordan-tɔsisia. Kaka ŋu nake la, ame aɖeke mekpɔtɔ si metso Yordan o.
-