Psalmo 34:7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 7 Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu godoo va kpe,+Eye wòɖea wo.+ Yesaya 31:5 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 5 Ale si xevi dea agba anyii la, nenemae aʋakɔwo ƒe Yehowa aʋli Yerusalem tae.+ Aʋli eta, eye wòaxɔ nɛ. Ato eta ayi, eye wòaɖee.” Zakariya 2:4, 5 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 4 Eye wògblɔ nɛ be: “Netsɔ, yi ɖagblɔ na ɖekakpui ma be: ‘“Amewo anɔ Yerusalem+ abe kɔƒedu* me ene, le ame kple lã siwo le eme la ta.+ 5 Ke manye dzobibi ƒe gli aƒo xlãe,+ eye manye ŋutikɔkɔe anɔ eme,” Yehowa ye gblɔe.’”+
5 Ale si xevi dea agba anyii la, nenemae aʋakɔwo ƒe Yehowa aʋli Yerusalem tae.+ Aʋli eta, eye wòaxɔ nɛ. Ato eta ayi, eye wòaɖee.”
4 Eye wògblɔ nɛ be: “Netsɔ, yi ɖagblɔ na ɖekakpui ma be: ‘“Amewo anɔ Yerusalem+ abe kɔƒedu* me ene, le ame kple lã siwo le eme la ta.+ 5 Ke manye dzobibi ƒe gli aƒo xlãe,+ eye manye ŋutikɔkɔe anɔ eme,” Yehowa ye gblɔe.’”+