-
1 Fiawo 8:25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
25 Azɔ Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe si nèdo na wò subɔla fofonye David la dzi, esi nègblɔ be, ‘Ne viwòwo kpɔ woƒe zɔzɔme dzi eye wozɔ le ŋkunyeme abe ale si nèzɔ le ŋkunyemee ene la, ekema wò ƒomea me tɔ siwo abɔbɔ nɔ Israel ƒe fiazikpui dzi la nu matso le ŋkunyeme o.’+
-
-
Yeremiya 33:20, 21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ne miate ŋu atu nye nubabla le ŋkeke kple zã ŋu, ale be ŋkeke kple zã magava le woƒe ɣeyiɣi dzi o la,+ 21 ema ko hafi woate ŋu atu nu, si mebla kple nye subɔla David,+ ale be eƒe dzidzimevi aɖeke manɔ anyi si anɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia o;+ eye woate ŋu atu nye nu, si mebla kple nye subɔla Lewi vi siwo nye nunɔlawo hã.+
-