2 Samuel 7:12 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 12 Ne wò ŋkekewo de+ eye wotsɔ wò mlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema maɖo wò dzidzimevi si ava ɖe yowòme, si anye wò ŋutɔ viwò,* eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.+ 2 Samuel 7:16 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 16 Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ te sesĩe le ŋkuwòme tegbee; wò fiazikpui ali ke tegbee.”’”+ 1 Kronika 17:11, 12 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 11 “‘“Ne wò ŋkekewo de, eye wotsɔ wò mlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema mana wò dzidzimevi aɖe nava ɖe yowòme, si anye viwòwo dometɔ ɖeka,+ eye mana eƒe fiaɖuƒe la nali ke.+ 12 Eyae atu xɔ nam,+ eye mali ke eƒe fiazikpui tegbee.+ Psalmo 89:20 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 20 Mekpɔ nye subɔla David;+Mesi nye ami kɔkɔe nɛ.+ Psalmo 89:29 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 29 Maɖo eƒe dzidzimevi la anyi tegbee,Eye eƒe fiazikpui anɔ anyi ŋkeke ale si dziƒo li.+
12 Ne wò ŋkekewo de+ eye wotsɔ wò mlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema maɖo wò dzidzimevi si ava ɖe yowòme, si anye wò ŋutɔ viwò,* eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.+
11 “‘“Ne wò ŋkekewo de, eye wotsɔ wò mlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema mana wò dzidzimevi aɖe nava ɖe yowòme, si anye viwòwo dometɔ ɖeka,+ eye mana eƒe fiaɖuƒe la nali ke.+ 12 Eyae atu xɔ nam,+ eye mali ke eƒe fiazikpui tegbee.+