-
2 Mose 7:20Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Enumake Mose kple Aron wɔ abe ale si tututu Yehowa de see ene. Aron do atikplɔ la ɖe dzi ƒo Nil-tɔsisi la me tsi la dzi le Farao kple eƒe subɔviwo ŋkume, eye tɔsisi la me tsiwo katã trɔ zu ʋu.+
-
-
2 Mose 8:6Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Ale Aron do eƒe asi ɖe Egipte tsiwo dzi, eye akpɔkplɔwo do va, eye woxɔ Egipte-nyigba la dzi keŋ.
-
-
2 Mose 8:17Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
17 Eye wowɔe nenema. Ale Aron do eƒe asi kple eƒe atikplɔ la ɖa, eye wòƒo ke si le anyigba dzi, eye muwo va ƒo ɖe amegbetɔwo kple lãwo dzi. Eye ke siwo katã le anyigba la zu muwo le Egipte-nyigba blibo la katã dzi.+
-
-
2 Mose 9:6Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Le ŋufɔke la, Yehowa wɔ esia, ale Egiptetɔwo ƒe lãhawo katã ku,+ ke Israel-viwo ƒe lã aɖeke meku o.
-
-
2 Mose 9:10Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
10 Ale woɖe kpomedzɔble, eye wova tɔ ɖe Farao ŋkume, eye Mose hlẽe ɖe yame, wòzu ƒoƒoe vɔ̃ te amegbetɔwo kple lãwo.
-
-
2 Mose 9:23Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
23 Eya ta Mose do eƒe atikplɔ la ɖe dziƒo, eye Yehowa na dzi ɖe gbe, kpetsi dza, eye dzo* dza ɖe anyigba la dzi, ale Yehowa na kpetsi la dza ɖe Egipte-nyigba la dzi.
-
-
2 Mose 10:12Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 Eye Yehowa gblɔ na Mose be: “Do wò asi ɖe Egipte-nyigba la dzi ne ʋetsuviwo nado ava Egipte-nyigba blibo la dzi ne woaɖu anyigba la dzi nu miemie siwo katã kpetsi la gblẽ ɖi la keŋkeŋ.”
-
-
2 Mose 10:21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
21 Eye Yehowa gblɔ na Mose be: “Do wò asi ɖe dziƒo, ne viviti nado ɖe Egipte-nyigba la dzi, viviti la ado ale gbegbe be woate ŋu ali asi eŋu.”
-