INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yeremiya 49:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Ðe Edom ŋu, ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi:

      “Ðe nunya aɖeke megale Teman oa?+

      Ðe aɖaŋuɖoɖo nyui bu ɖe nugɔmeselawoa?

      Ðe woƒe nunya ƒaƒãa?

  • Konyifahawo 4:22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 22 Oo Zion vinyɔnu, wò vodada ŋuti tohehe la wu enu.

      Magakplɔ wò ayi aboyo me azɔ o.+

      Gake atrɔ ɖe wò vodada la ŋu, Oo Edom vinyɔnu.

      Aklo nu le wò nu vɔ̃wo dzi.+

  • Ezekiel 25:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Edom bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe, eye woɖi fɔ vevie le hlɔ̃biabia wo ŋuti la;+

  • Obadiya 10-13
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Ŋukpe anyè atsyɔ wò+

      Le ŋuta si nèsẽ le nɔviwò Yakob+ ŋu la ta,

      Eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee.+

      11 Gbe si gbe nètɔ ɖe adzɔge,

      Gbe si gbe ame tutɔwo ɖe aboyo eƒe aʋakɔ,+

      Esime amedzrowo ge ɖe eƒe agbowo me, eye wodzidze nu+ ɖe Yerusalem dzi la,

      Wò hã èwɔ nu abe wo dometɔ ɖeka ene.

      12 “Mele be nàkpɔ nu si dzɔ ɖe nɔviwò dzi le ŋkeke si vɔ̃ dzɔ ɖe edzi la kple dzidzɔ o,+

      Mele be nàkpɔ dzidzɔ le gbe si gbe Yuda viwo nɔ tsɔtsrɔ̃m o,+

      Eye mele be nàɖu fewu le wo ŋu le woƒe xaxagbe o.

      13 Mele be nàge ɖe nye dukɔ ƒe agbo me le gbe si gbe vɔ̃ dzɔ ɖe edzi o,+

      Mele be nàfɔ ŋku ɖe xaxa si va edzi la dzi le gbe si gbe vɔ̃ dzɔ ɖe edzi la o,

      Eye mele be nàdo asi ɖe eƒe kesinɔnuwo gbɔ le gbe si gbe vɔ̃ dzɔ ɖe edzi o.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe