INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Fiawo 8:66
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 66 Le ŋufɔke* la, edo mɔ dukɔ la; eye woyra fia la hedzo yi woƒe aƒewo me kple dzidzɔ kpakple aseyetsotso le nu nyui+ siwo katã Yehowa wɔ na eƒe subɔla David kple eƒe dukɔ Israel la ta.

  • Psalmo 13:6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  6 Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nyui geɖe nam.*+

  • Psalmo 31:19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 Wò nyuiwɔwɔ sɔ gbɔ loo!+

      Èdzrae ɖo ɖi na ame siwo vɔ̃a wò la,+

      Eye nèɖee fia ame siwo si wò tso la, le amegbetɔviwo katã ŋkume.+

  • Yesaya 63:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  7 Maƒo nu tso Yehowa ƒe amenuvedɔwo ŋu,

      Yehowa ƒe dɔ siwo dze na kafukafu,

      Le nu siwo katã Yehowa wɔ na mí la ta,+

      Nyui gbogbo siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe la

      Le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖeawo nu.

  • Yeremiya 31:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Woava tso aseye le Zion+ ƒe togbɛ la dzi,

      Eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ* ŋu,

      Ðe nuku, wain yeye+ kple ami ŋu,

      Ðe alẽwo kple nyiwo ƒe viwo ŋu.+

      Woanɔ* abe abɔ si wode tsii nyuie ene,+

      Eye nu magati kɔ na wo azɔ o.”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe