8 Wonɔ edzi, eye wotu kɔkɔeƒe ɖe edzi na wò ŋkɔ,+ gblɔ be: 9 ‘Ne vɔ̃, yi, fɔbubu, alo dɔvɔ̃ alo dɔwuame va mía dzi, eye míetɔ ɖe xɔ sia ŋgɔ kple ŋkuwòme (elabena wò ŋkɔ le xɔ sia ŋu)+ heyɔ wò be nàxɔ na mí le míaƒe xaxa me la, ekema nàsee, eye nàɖe mí.’+