44 Miawo la mietso mia fofo si nye Abosam me, eye mia fofo la ƒe nudzodzrowoe miedina be yewoawɔ.+ Eya la amewulae wònye tso eƒe aglãdzeɣi ke,*+ eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.+
8 Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo,+ ŋunyɔnuwɔlawo, amewulawo,+ ahasiwɔlawo,*+ gbɔgbɔyɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo+ katã ya la, woakpɔ wo tɔ gome le dzota si me dzokpe le bibim le la me.+ Esia le tsitre ɖi na ku evelia.”+