59 Ɣemaɣi la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Sanhedrin blibo la le ame siwo aɖi aʋatsoɖase le Yesu ŋu la dim, ne woawui.+ 60 Gake womekpɔ ɖeke o, evɔ aʋatsoɖasefo geɖewo va hafi.+ Emegbe ame eve va 61 gblɔ be: “Ame sia gblɔ be, ‘Mate ŋu amu Mawu ƒe gbedoxɔ la aƒu anyi agagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me.’”+