-
5 Mose 29:19, 20Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
19 “Gake ne ame aɖe se atamkanya siawo, evɔ wòƒo adegbe gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Ne meɖoe koŋ wɔ nu si nye dzi di hã, manɔ ŋutifafa me,’ eye wòle nu sia nu* dome gblẽm le eƒe mɔ dzi la, 20 Yehowa matsɔe akee o.+ Ke boŋ Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ abi ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ava edzi,+ eye Yehowa atsrɔ̃ eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.
-