5 Mose 30:20 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 20 nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu+ la, nàɖo to eƒe gbe, eye nàku ɖe eya amea ŋu,+ elabena eyae nye wò agbe eye eyae ana nànɔ agbe didi le anyigba si ŋu Yehowa ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo, Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ ana wo la dzi.”+ Psalmo 37:9 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 9 Elabena woatsrɔ̃ ame vlowo,+Ke ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa lae anyi anyigba la dome.+ Lododowo 2:21 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 21 Elabena ame dzɔdzɔewo koe anɔ anyigba la dzi,Eye ame maɖifɔwoe* asusɔ ɖe edzi.+ Mateo 5:5 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 5 “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo,+ elabena woanyi anyigba la dome.+
20 nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu+ la, nàɖo to eƒe gbe, eye nàku ɖe eya amea ŋu,+ elabena eyae nye wò agbe eye eyae ana nànɔ agbe didi le anyigba si ŋu Yehowa ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo, Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ ana wo la dzi.”+