INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Psalmo 49:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Ekpɔe be nunyalawo gɔ̃ hã kuna;

      Bometsilawo kple abunetɔwo siaa nu yina,+

      Eye wogblẽa woƒe kesinɔnuwo ɖi na ame bubuwo.+

  • Nyagblɔla 2:18, 19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Eye melé fu dɔ sesẽ siwo katã ŋu mevu ɖo wɔ le ɣea te,+ elabena ɖeko magblẽ wo ɖi na ame si ava ɖe yonyeme la tsã.+ 19 Eye ame kae nya ne nunyala loo alo bometsilae wòava nye?+ Gake eyae ava kpɔ ŋusẽ ɖe dɔ siwo katã metsɔ kutrikuku kple nunya wɔ le ɣea te la dzi. Esia hã toflokoe.

  • Nyagblɔla 4:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Ame aɖe ya ɖeka koe li, eye ame aɖeke mele esi o; vi alo nɔvi hã mele esi o, gake eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo mewua enu gbeɖe o. Kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋku o.+ Gake ɖe wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ta gɔ̃e mehele dɔ sesẽ wɔm hele nu nyuiwo tem ɖokuinye* ɖo”?+ Esia hã tofloko kple fuɖenameɖokuidɔ ko wònye.+

  • Luka 12:19, 20
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 eye magblɔ na ɖokuinye* be: “Èdzra* nu nyui geɖe ɖo ɖi hena ƒe geɖewo; ɖe dzi ɖi, ɖu nu, no nu, eye nàɖu agbe.”’ 20 Ke Mawu gblɔ nɛ be: ‘Movitɔ, zã sia me ke woabia wò agbe* le asiwò me. Ekema ame ka tɔe nu siwo nèdzra ɖo ɖi la azu?’+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe