-
Hebritɔwo 9:13, 14Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
13 Elabena ne gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu+ kpakple nyinɔe ƒe afi, si wohlẽna ɖe ame siwo ŋu mekɔ o ŋu la, klɔa ŋutilã la ŋu henana wo ŋu kɔna la,+ 14 ekema ɖe Kristo la,+ ame si to gbɔgbɔ mavɔ ƒe dɔwɔwɔ dzi tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsa si ŋu mokaka mele o ene la, ƒe ʋu maklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋu tso dɔwɔwɔ kukuwo me geɖe wu,+ ale be míawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu gbagbe la oa?+
-