-
Romatɔwo 1:20, 21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Elabena eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi, elabe wodze ƒãa le nu siwo wòwɔ la me,+ ɛ̃, eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ+ kple Mawunyenye+ la dzena, ale be womate ŋu ado taflatsɛ o. 21 Elabena togbɔ be wonya Mawu hã la, wometsɔa ŋutikɔkɔe si Mawu dze na la nanɛ o, eye womedaa akpe nɛ hã o, ke boŋ wobua nu dzodzrowo ŋu, eye woƒe dzi si gbe nugɔmesese la do viviti.+
-