INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Psalmo 49:6, 7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  6 Ame siwo le dzi ɖom ɖe woƒe nunɔamesiwo ŋu+

      Eye wotsɔ woƒe kesinɔnu gbogboawo le adegbe ƒomee la,+

       7 Wo dometɔ aɖeke mate ŋu axɔ na nɔvia akpɔ o

      Eye mate ŋu axe etafe na Mawu o,+

  • Lododowo 11:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  4 Viɖe aɖeke manɔ ame ƒe kesinɔnuwo* ŋu le dzikudogbe o,+

      Ke dzɔdzɔenyenyee aɖe ame tso ku me.+

  • Yeremiya 9:23
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 23 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

      “Nunyala megaƒo adegbe le eƒe nunya ŋu o;+

      Ŋusẽtɔ megaƒo adegbe le eƒe ŋusẽ ŋu o;

      Eye kesinɔtɔ megaƒo adegbe le eƒe kesinɔnuwo ŋu o.”+

  • Luka 12:19-21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 eye magblɔ na ɖokuinye* be: “Èdzra* nu nyui geɖe ɖo ɖi hena ƒe geɖewo; ɖe dzi ɖi, ɖu nu, no nu, eye nàɖu agbe.”’ 20 Ke Mawu gblɔ nɛ be: ‘Movitɔ, zã sia me ke woabia wò agbe* le asiwò me. Ekema ame ka tɔe nu siwo nèdzra ɖo ɖi la azu?’+ 21 Nenemae wònɔna na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu na eɖokui, gake menye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o.”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe