-
2 Samuel 20:9, 10Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
9 Yoab bia Amasa be: “Nɔvinye, èli nyuiea?” Eye Yoab tsɔ ɖusi lé Amasa ƒe ge abe ɖe wòbe yeagbugbɔ nu nɛ ene. 10 Ke Amasa menɔ ŋudzɔ ɖe yi si le Yoab si la ŋu o; ale Yoab ƒo yi la ɖe dɔme nɛ,+ eye eƒe dɔkaviwo dudu ɖe anyigba. Mehiã be wòagaƒoe ɖee ake o; ema ɖeɖe wui. Ke Yoab kple nɔvia Abisai ti Seba, Bikri vi la yome.
-