INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Fiawo 5:20-22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 Mawu vavã la ƒe ame+ Elisa ƒe subɔvi Gehazi+ gblɔ na eɖokui be: ‘Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ ɖe asi le Siriatɔ Naaman+ sia ŋu, eye mexɔ nu si wòtsɔ vɛ la le esi o. Zi ale si Yehowa le agbe la, maƒu du adze eyome, eye maxɔ nane le esi godoo.’ 21 Eya ta Gehazi ƒu du dze Naaman yome. Esi Naaman kpɔ be ame aɖe ƒu du gbɔna la, eɖi le eƒe tasiaɖam la me enumake va do goe hebiae be: “Ŋutifafa yea?” 22 Eɖo eŋu be: “Ŋutifafa ye. Nye aƒetɔe dɔm ɖa be, ‘Kpɔ ɖa! Fifi laa ko ɖekakpui eve tso Efrayim tonuto la me le nyagblɔɖilawo ƒe viwo dome va gbɔnye. Meɖe kuku, tsɔ klosalo talento ɖeka kple awu eve na wo.’”+

  • Yeremiya 17:11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Ame si le kesinɔnuwo nu ƒom ƒu to mɔ fitifiti dzi* la,

      Le abe tegli si ƒoa azi siwo menye eya ŋutɔe ɖa wo o la nu ƒu ene.+

      Woagblẽe ɖi le eƒe agbemeŋkekewo ƒe domedome,

      Eye le eƒe nuwuwu la, azu bometsila.”

  • 1 Timoteo 6:9
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Ke ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔ̃tetre+ kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nu vevi ame eye wonyrɔa ame ɖe tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ me la me.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe