INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yesaya 41:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  7 Ale aɖaŋudɔwɔla do ŋusẽ nutula;+

      Ame si tsɔ yɔxɔmezu ƒo ga gbabɛ la hã

      Do ŋusẽ ame si le zu dam le zukpe dzi.

      Egblɔ le nu si trem wole la ŋu be: “Enyo.”

      Eye woƒo gatagbadzɛwo ɖee be wòagamu o.

  • Yesaya 46:6, 7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  6 Ame aɖewo dudua sika tso woƒe akplo me ɖe anyi;

      Eye wodaa klosalo le nudanu me.

      Wotsɔnɛ naa gbede, eye wòtsɔnɛ wɔa mawui.+

      Eye wodzea klo dea ta agu nɛ.+

       7 Wokɔnɛ ɖe abɔta;+

      Wokɔnɛ dana ɖe enɔƒe, eye ɖeko wònɔa afi ma.

      Meʋãna le enɔƒe o.+

      Wodoa ɣli nɛ, gake metɔna o;

      Mexɔna na ame aɖeke le xaxa me o.+

  • Yeremiya 10:3, 4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  3 Elabena dukɔwo ƒe kɔnuwo la, alakpanue.*

      Ati ko wonye aɖaŋudɔwɔla tso le ave me

      Hetsɔ dɔwɔnu* kpa.+

       4 Wofaa klosalo kple sika ɖe eŋu tsɔ ɖoa atsyɔ̃ nɛ.+

      Wotsɔa zu kple gatagbadzɛwo klãnɛ be magamu o.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe