19 Kpɔ ɖa, matu nu kple ame siwo katã le fu wɔm wò la ɣemaɣi;+
Eye maxɔ na ame si le bu tɔm,+
Eye maƒo ame siwo woka hlẽ la nu ƒu.+
Mana woazu kafukafu eye mana woƒe ŋkɔ nanyɔ
Le anyigba siwo katã dzi wodo ŋukpe wo le la dzi.
20 Ɣemaɣi la, maƒo mia nu ƒu,
Ɣemaɣi la, makplɔ mi agbɔe.
Elabena mana miaƒe ŋkɔ nanyɔ eye miazu kafukafu+ le anyigbadzidukɔwo katã dome,
Ne mekplɔ miaƒe aboyomewo gbɔe miekpɔ kple ŋku,” Yehowa ye gblɔe.+