15 Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ namee nye esi: “Xɔ dɔmedzoe ƒe wainkplu sia le asinye, eye nàna dukɔ siwo katã gbɔ mele dɔwòm ɖo la nanoe. 16 Woanoe eye woanɔ ya mum sagasaga ahanɔ nu wɔm abe aɖaʋatɔwo ene le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.”+