INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Psalmo 45:6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  6 Mawue nye wò fiazikpui ɖaa tegbee;+

      Wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe fiatikplɔ.*+

  • Psalmo 72:1, 2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 72 Oo Mawu, tsɔ wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiamewo na fia la,

      Kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la.+

       2 Na wòaxɔ wò dukɔ la ƒe nya ɖe akɔ le dzɔdzɔenyenye me,

      Eye wòatso afia dzɔdzɔe na wò ame tsɛwo.+

  • Yesaya 9:6, 7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  6 Elabena wodzi vi na mí,+

      Wona ŋutsuvi mí;

      Dziɖuɖu anɔ abɔta nɛ.+

      Eye woayɔ eŋkɔ be Aɖaŋuɖola Bibi,+ Mawu Ŋusẽtɔ,+ Fofo Mavɔ, Ŋutifafafia.

       7 Eƒe dziɖuɖu akeke ta,

      Eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa+

      Le David ƒe fiazikpui dzi+ kple eƒe fiaɖuƒe la me o,

      Ne wòali kee+ ahalée ɖe te

      To nu dzɔdzɔe wɔwɔ+ kple dzɔdzɔenyenye+ dzi,

      Tso fifia yi mavɔmavɔ me.

      Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe dzonɔameme awɔ esia ade goe.

  • Yesaya 32:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 32 Kpɔ ɖa! Fia+ aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me;+

      Eye amegãwo aɖu dzi hena ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃.

  • Yeremiya 23:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Yehowa be: “Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna, esime mana atilɔ*+ dzɔdzɔe aɖe nadze na David. Aɖu fia,+ eye wòaɖe gɔmesese deto afia, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ahawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba la dzi.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe