-
Yeremiya 48:29Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
29 “Míese Moab ƒe dada ŋkɔ be, edoa eɖokui ɖe dzi ŋutɔ,
Ewɔa eɖokui glodzoeglodzoe, edana, edzraa eɖokui, eye wòvua eƒe dzi gblotoo.”+
-
-
Zefaniya 2:9, 10Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
9 Eya ta zi ale si mele agbe la,” aʋakɔwo ƒe Yehowa,* Israel ƒe Mawu lae gblɔe,
“Moab azu abe Sodom ene,
Amon azu abe Gomora ene,
Eye woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee.
Nye dukɔ ƒe ame siwo kpɔtɔ la aha wo,
Eye nye dukɔ ƒe ame susɔeawo axɔ wo wòazu wo tɔ.
10 Esiae adzɔ ɖe wo dzi ɖe woƒe dada ta,
Elabena woɖe alɔme le aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe dukɔ ŋu hedo wo ɖokui ɖe dzi ɖe wo ŋu.
-