-
2 Fiawo 3:24, 25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
24 Esi wova Israel ƒe asaɖa la me la, Israel-viwo tso hede asi Moabtɔwo wuwu me, ale be wosi le wo nu.+ Wonya wo ɖe enu yi Moab, eye wonɔ Moabtɔwo wum nɔ yiyim. 25 Wogbã duawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe fɔ kpe ƒu gbe ɖe anyigba nyuiwo katã dzi taŋtaŋ; woxe tsidzɔƒewo katã,+ wolã ati nyuiwo katã.+ Negbe Kir-Hareset+ ƒe kpegliwo koe susɔ eye akafodalawo va ɖe to ɖe dua hegbãe ƒu anyi.
-