Psalmo 137:1 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 137 Babilon-tɔsisiwo nu,+ afi mae míebɔbɔ nɔ anyi ɖo. Esi míeɖo ŋku Zion dzi la, míefa avi.+ Yesaya 14:4 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 4 àdo lo* sia ɖe Babilon-fia ŋu be: “Aleke wɔ ame si ƒoa du ɖe amewo te be woawɔ dɔ tsã la nu yi ale! Aleke ameteteɖeanyi nu tso ale!+ Yesaya 14:7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 7 Anyigba bliboa kpɔ gbɔdzɔe azɔ, edzi fa. Amewo de asi aseyetsotso me.+ Yesaya 35:10 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 10 Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la atrɔ agbɔ,+ eye woava Zion kple aseyetsotso.+ Dzidzɔ mavɔ anɔ ta na wo wòanye woƒe atsyɔ̃.+ Woakpɔ dzidzɔ atso aseye,Eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.+
4 àdo lo* sia ɖe Babilon-fia ŋu be: “Aleke wɔ ame si ƒoa du ɖe amewo te be woawɔ dɔ tsã la nu yi ale! Aleke ameteteɖeanyi nu tso ale!+
10 Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la atrɔ agbɔ,+ eye woava Zion kple aseyetsotso.+ Dzidzɔ mavɔ anɔ ta na wo wòanye woƒe atsyɔ̃.+ Woakpɔ dzidzɔ atso aseye,Eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.+