INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yeremiya 4:19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 Oo, mele veve sem,* mele veve sem!

      Vevesesea nu sẽ heɖo nye dzi* me ke.

      Nye dzi le tsotsom kpokpokpo le menye.

      Nyemate ŋu azi ɖoɖoe o,

      Elabena mese* lãdzo ƒe ɖiɖi,

      Mese aʋaɣli.+

  • Yeremiya 8:18, 19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Naneke mate ŋu atsi nye nuxaxa nu o;

      Nye dzi dze dɔ.

      19 Nye dukɔ vinyɔnu ƒe ɣlidodo be woaxɔ na ye la ɖi

      Tso anyigba didi aɖe dzi be:

      “Ðe Yehowa mele Zion oa?

      Alo ɖe eƒe fia mele eme oa?”

      “Nu ka tae wotsɔ woƒe legbawo,

      Woƒe dutamawu dzodzroawo do dziku nam?”

  • Yeremiya 9:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Oo, ne ɖe nye ta anye tsi,

      Eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo ɖe!+

      Anye ne mafa avi zã kple keli

      Le nye dukɔ ƒe ame siwo wowu la ta!

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe