INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yesaya 6:11, 12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Eye megblɔ be: “Oo Yehowa, va se ɖe ɣekaɣi?” Eye wòɖo eŋu be:

      “Va se ɖe esime duwo nagbã azu aƒedo, eye ame aɖeke maganɔ wo me o,

      Va se ɖe esime aƒewo katã naɖi gbɔlo,

      Eye anyigba la nazu gbegbe;+

      12 Va se ɖe esime Yehowa nanya amegbetɔwo ɖo ɖe didiƒe ʋĩi,+

      Eye anyigba la nazu gbegbe sɔŋ.

  • Yeremiya 26:18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 “Mika,+ si tso Moreset, gblɔ nya ɖi le Yuda-fia Hizkiya+ ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda dukɔ blibo la be, ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi:

      “Woaŋlɔ Zion abe agble ene,

      Yerusalem azu glikpo,+

      Eye Gbedoxɔ la ƒe to azu togbɛ toave.”’+

  • Konyifahawo 2:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  5 Yehowa zu abe futɔ ene;+

      Emi Israel.

      Emi eƒe xɔ tsralawo katã;

      Egbã eƒe mɔ́ sesẽawo katã.

      Edzi Yuda vinyɔnu la ƒe nuxaxa kple konyifafa ɖe edzi.

  • Ezekiel 36:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 eya ta Oo, Israel towo, mise Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, tɔʋuwo kple baliwo, na du gbagbã siwo zu aƒedo,+ kple du ƒuƒlu siwo zu nuhaha kple alɔmeɖenu na dukɔ siwo ƒo xlã wo godoo la me tɔ susɔewoe nye esi;+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe