INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Fiawo 18:19-25
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 Eye Rabsake gblɔ na wo be: “Migblɔ na Hizkiya be, ‘Ale fia gã, Asiria fia, gblɔe nye esi: “Nu ka kura gɔ̃ ŋue nèle ŋu ɖom ɖo?+ 20 Ègblɔ be, ‘Aɖaŋudzedze kple ŋusẽ le asinye hena aʋawɔwɔ’ ke numenya gbɔlo koe. Ame ka ŋue nèle ŋu ɖom ɖo, si tae nèdze aglã ɖe ŋunye?+ 21 Kpɔ ɖa! Èle ŋu ɖom ɖe aɖa ŋeŋe sia, si nye Egipte,+ esi ne ame aɖe ziɔ ɖe eŋu la, wòatɔ asi me nɛ la, ƒe kpekpeɖeŋu ŋuti. Aleae Egipte-fia Farao le na ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe eŋu. 22 Ne miegblɔ nam be, ‘Yehowa mía Mawu ŋue míele ŋu ɖom ɖo la,’+ ɖe menye eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hizkiya ɖe ɖa+ hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Vɔsamlekpui sia ŋgɔe miade ta agu ɖo le Yerusalem’ oa?”’+ 23 Eya ta ne èlɔ̃ la, wò kple nye aƒetɔ Asiria-fia mitso gbe: Matsɔ sɔ akpe eve na wò kpɔ be àte ŋu akpɔ sɔdolawo woado wo hã.+ 24 Ekema aleke nàwɔ ana nutodziɖula siwo nye nye aƒetɔ ƒe dɔla suetɔwo dometɔ ɖeka nagbugbɔ ɖe megbe hafi nèle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu be wòana tasiaɖamwo kple sɔdolawo yea? 25 Ðe nyemexɔ mɔɖeɖe tso Yehowa gbɔ hafi ho ɖe teƒe sia ŋu be matsrɔ̃e oa? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be, ‘Ho ɖe anyigba sia ŋu ne nàtsrɔ̃e.’”

  • 2 Fiawo 19:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 “Ale miagblɔ na Yuda-fia Hizkiya ye nye esi, ‘Mègana wò Mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò nànɔ gbɔgblɔm be: “Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria-fia o.”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe