-
2 Fiawo 18:26, 27Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
26 Ale Eliyakim, Hilkiya vi, kple Sebna+ kpakple Yoak gblɔ na Rabsake+ be: “Míeɖe kuku, ƒo nu kple wò dɔlawo le Aramgbe*+ me, elabena míesee; ke mègaƒo nu kpli mí le Yudagbe me ɖe dukɔ si le glia dzi la ƒe to me o.”+ 27 Ke Rabsake ɖo eŋu be: “Ðe wobe mia kple miaƒe aƒetɔ ɖeɖe gbɔe nye aƒetɔ dɔm ɖo be magblɔ nya siawo naa? Alo menye ame siwo bɔbɔ nɔ glia dzi, ame siwo aɖu woawo ŋutɔwo ƒe mĩ ahano woawo ŋutɔwo ƒe aɖuɖɔ kpli mi la, hã gbɔe wòdɔm ɖo oa?”
-