-
2 Fiawo 18:28-35Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
28 Eye Rabsake tɔ ɖi hedo ɣli sesĩe gblɔ le Yudagbe me be: “Mise fia gã, Asiria-fia, ƒe nya.+ 29 Ale fia la gblɔe nye esi, ‘Migana Hizkiya nable mi o, elabena mate ŋu aɖe mi tso asinye me o.+ 30 Eye migana Hizkiya nable mi miaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu agblɔ be: “Yehowa aɖe mí godoo, eye womatsɔ du sia ade asi na Asiria-fia o.”+ 31 Migaɖo to Hizkiya o, elabena ale Asiria-fia gblɔe nye esi: “Miwɔ ŋutifafa kplim, ne miana ta,* eye mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu eya ŋutɔ ƒe waintsetse, aɖu eya ŋutɔ ƒe gbotsetse ahano eya ŋutɔ ƒe vudometsi, 32 va se ɖe esime mava kplɔ mi ayi anyigba si le abe mia tɔ ene dzi,+ anyigba si dzi agblemenuku kple wain yeye le, anyigba si dzi abolo kple waingblewo le, anyigba si dzi amitiwo kple anyitsi le. Ekema mianɔ agbe, eye miaku o. Migaɖo to Hizkiya o, elabena mia flum wòle le gbɔgblɔm be: ‘Yehowa aɖe mí.’ 33 Ðe dukɔwo ƒe mawuwo dometɔ aɖe te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asiria-fia si me kpɔa? 34 Afi kae Hamat+ kple Arpad ƒe mawuwo le? Afi kae Sefarvayim,+ Hena, kple Iwa ƒe mawuwo le? Ðe wote ŋu ɖe Samaria tso asinye mea?+ 35 Anyigbawo ƒe mawuwo katã dometɔ kae ɖe woƒe anyigba tso asinye me kpɔ, ne Yehowa naɖe Yerusalem tso asinye me?”’”+
-