36 Ke ameawo zi kpi, eye womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se be: “Migaɖo nya aɖeke ŋu nɛ o.”+ 37 Ke Eliyakim, Hilkiya vi, si nye aƒedzikpɔla kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple nuŋlɔla Yoak, Asaf vi, dze woƒe awuwo heva Hizkiya gbɔ, eye wogblɔ Rabsake ƒe nyaawo nɛ.