-
Yeremiya 5:26-28Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
26 Elabena ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ la dome.
Wole adeklo dzi abe ale si xevimɔ̃trelawo nɔa adeklo dzi ene.
Wotre mɔ̃ vɔ̃ da ɖi.
Amegbetɔwoe woɖe.
27 Ale si xewo yɔa xadza me fũu la,
Nenemae alakpadada yɔ woƒe xɔwo me fũu.+
Esia tae ŋusẽ ɖo wo ŋu, eye wozu kesinɔtɔwo.
28 Woda ami, eye wo ŋuti zrɔ̃ dredredre;
Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ wo gbagba.
-