INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Mose 21:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 “Ne èƒle Hebri ŋutsu aɖe kluvii la,+ anye kluvi na wò ƒe ade, ke le ƒe adrelia me la, nàna ablɔɖee wòadzo fe aɖeke maxemaxee.+

  • 3 Mose 25:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Miakɔ ƒe blaatɔ̃lia ŋu ahaɖe gbeƒã ablɔɖe le anyigba la dzi na edzinɔlawo katã.+ Azu Ablɔɖeƒe na mi, ale be mia dometɔ ɖe sia ɖe nagaxɔ eƒe nunɔamesi, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nagatrɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbɔ.+

  • 3 Mose 25:39-42
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 39 “‘Ne hiã tu nɔviwò, eye wòhiã be wòadzra eɖokui na wò+ la, mègazãe abe kluvi ene o.+ 40 Nenɔ gbɔwò abe apadɔwɔla ene,+ abe ame si ʋu va tsi gbɔwò ene. Nesubɔ wò va se ɖe Ablɔɖeƒe la dzi. 41 Emegbe nàɖe asi le eya kple viawo ŋu ne wòatrɔ ayi eƒe ƒometɔwo kple fofoawo ƒe domenyinu gbɔ.+ 42 Elabena nye kluvi siwo mekplɔ tso Egipte-nyigba dzi lae wonye.+ Woagadzra wo ɖokuiwo azu kluviwo na amewo o.

  • 5 Mose 15:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 “Ne wodzra nɔviwò, Hebri ŋutsu alo Hebri nyɔnu na wò, eye wòsubɔ wò ƒe ade la, ekema nàɖe asi le eŋu le ƒe adrelia me ahana ablɔɖee wòadzo.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe