INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Fiawo 22:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Emegbe nunɔlagã Hilkiya gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan+ be: “Mefɔ Segbalẽ+ la le Yehowa ƒe aƒe la me.” Ale Hilkiya tsɔ agbalẽ la na Safan, eye wòde asi exexlẽ me.+

  • 2 Kronika 34:20, 21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 Eye fia la de se sia na Hilkiya, Ahikam,+ Safan vi, kple Abdon, Mika vi kple agbalẽŋlɔla Safan kpakple fia ƒe dɔla Asaya be: 21 “Miyi ɖabia gbe Yehowa ɖe nye kple ame siwo susɔ ɖe Israel kple Yuda la nu le agbalẽ si ŋu woke ɖo la me nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dziku si wòhe gbɔna mía dzi la nu sẽ, le esi mía tɔgbuiwo melé Yehowa ƒe nya la me ɖe asi hewɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o ta.”+

  • Yeremiya 26:24
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Ke Ahikam,+ Safan+ vi, kpe ɖe Yeremiya ŋu, ale be wometsɔe de asi na dukɔ la be woawu o.+

  • Yeremiya 39:13, 14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 Eya ta fiaŋudzɔlawo ƒe amegã Nebuzaradan kple Nebusazban, si nye Rabsaris* la, Nergal-Sarezer, si nye Rabmag* la, kple Babilon-fia ƒe ame ŋkutawo katã dɔ ame ɖa, 14 eye woyi ɖakplɔ Yeremiya tso Dzɔlawo ƒe Xɔxɔnu+ la vɛ, eye wotsɔe de asi na Gedaliya,+ Ahikam+ vi, ame si nye Safan+ vi, be wòakplɔe ayi eƒe me. Ale wònɔ dukɔ la dome.

  • Ezekiel 8:11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Eye Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo dometɔ blaadre, siwo dome Safan+ vi Yaazaniya le la, tɔ ɖe wo ŋgɔ. Wo dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe dzudzɔdosonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋĩ de dzi kɔtɔɔ.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe