INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Fiawo 24:6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 6 Eye wotsɔ Yehoyakim mlɔ tɔgbuiawo gbɔ,+ eye via Yehoyakin* zu fia ɖe eteƒe.

  • 2 Fiawo 24:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Yehoyakin+ xɔ ƒe wuienyi esime wòzu fia, eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ le Yerusalem.+ Dadaa ŋkɔe nye Nehusta, eye wònye Elnatan si tso Yerusalem ƒe vinyɔnu.

  • 2 Fiawo 24:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Ale wòɖe aboyo Yehoyakin+ yi Babilon;+ eye wòɖe aboyo fia dada kple fia srɔ̃wo kple fiaŋumewo kpakple dukɔ la ƒe ame ŋkutawo tso Yerusalem yi Babilon.

  • 2 Kronika 36:9, 10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Yehoyakin+ xɔ ƒe wuienyi esime wòzu fia, eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo le Yerusalem; eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.+ 10 Esi ƒe trɔ* la, Fia Nebukadnezar dɔ woɖakplɔe, eye wolɔ Yehowa ƒe aƒe+ la me nu xɔasiwo kpe ɖe eŋu yi Babilon.+ Eye wòtsɔ fofoa nɔvi Zedekiya ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.+

  • Yeremiya 22:24
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 “Yehowa be: ‘Zi ale si mele agbe la, ne wò Yuda-fia Koniya,*+ Yehoyakim+ vi, ye nye ŋkɔsigɛ le nye nuɖusi hã la, maɖe wò ɖa le afi ma!

  • Yeremiya 22:30
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 30 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

      ‘Miŋlɔ ŋutsu sia ŋkɔ ɖi be medzi vi o,

      Be enye ŋutsu si naneke madze edzi na le eƒe agbe* me o,

      Elabena nu madze edzi na eƒe dzidzimevi aɖeke,

      Ne wòanɔ anyi ɖe David ƒe fiazikpui dzi ahaɖu fia le Yuda akpɔ o.’”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe