INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 13:6-9
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 6 “Ne nɔviwòŋutsu, si nye dawò ƒe vi, alo viwòŋutsu alo viwònyɔnu alo srɔ̃wò lɔlɔ̃a alo xɔ̃wò vevitɔ kekeake,* dze agbagba be yeable nuwò le adzame hegblɔ be, ‘Na míayi aɖasubɔ mawu bubuwo,’+ mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o, 7 siwo nye dukɔ siwo ƒo xlã mi, esiwo te ɖe mia ŋu alo esiwo le adzɔge tso mia gbɔ, tso anyigba la ƒe go si me va se ɖe anyigba la ƒe go kemɛ me la, ƒe mawuwo dometɔ aɖewo la, 8 mègalɔ̃ ɖe edzi nɛ alo aɖo toe o,+ eye mègakpɔ nublanui nɛ alo ase veve ɖe enu o, eye mègaɣla eta o; 9 ke boŋ ele be nàwui kokoko.+ Nànye ame gbãtɔ si atso ɖe ewuwu ŋu, eyome dukɔ bliboa hã nakpe asi ɖe ŋuwò.+

  • 5 Mose 32:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Wonɔ vɔ sam na gbɔgbɔ vɔ̃wo, ke menye na Mawu o,+

      Na mawu siwo womenya o,

      Na mawu yeye siwo do nyitsɔ laa,

      Siwo nye mawu siwo mia tɔgbuiwo menya o.

  • Yeremiya 19:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 Elabena wogblẽm ɖi,+ eye wona nyemegakpɔ teƒe sia dze sii o.+ Wodo dzudzɔ na mawu bubu siwo woawo ŋutɔwo, wo tɔgbuiwo kple Yuda-fiawo menya o la le eme, eye wotsɔ ame maɖifɔwo ƒe ʋu yɔ teƒe sia fũu.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe