INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 36:15, 16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Ke wo tɔgbuiwo ƒe Mawu Yehowa dɔa eƒe dɔlawo woxlɔ̃a nu wo enuenu, elabena eƒe dɔme trɔ ɖe eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la ŋu. 16 Gake woɖea alɔme le Mawu vavã la ƒe dɔlawo ŋu,+ wodoa vlo eƒe nyawo,+ eye woɖua fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu,+ va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu,+ va se ɖe esime gbedada aɖeke megale wo ŋu o.

  • Yesaya 65:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  2 Meke nye abɔwo me ŋkeke bliboa katã ɖo ɖe dukɔ sẽto,+

      Ame siwo le zɔzɔm le mɔ manyomanyo dzi,+

      Eye wodze woawo ŋutɔwo ƒe susuwo yome;+

  • Yeremiya 7:24-26
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Ke wogbe esese, eye womeƒu to anyi o;+ ke boŋ wozɔ le woawo ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo* nu, le woƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi la nu,+ ale be wotrɔ yi megbe, menye ŋgɔ o 25 tso gbe si gbe mia tɔgbuiwo dzo le Egipte-nyigba dzi va se ɖe egbe sia.+ Eya ta meɖoa nye subɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi, gbe sia gbe tso ŋkeke yi ŋkeke.*+ 26 Ke wogbe toɖoɖom, eye womeƒu to anyi o.+ Ke boŋ wosẽ dzi me,* eye woƒe nuwɔna vɔ̃ɖi wu wo tɔgbuiwo tɔ!

  • Yeremiya 35:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Eye meɖoa nye subɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi enuenu*+ gblɔna be: ‘Mitrɔ dzro, mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi,+ ne miawɔ nu si le eteƒe! Migadze mawu bubuwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mia kple mia tɔgbuiwo la dzi.’+ Ke mieƒu to anyi o, eye mieɖo tom o.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe