INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yeremiya 6:13, 14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 “Elabena wo katã woklẽa ŋu ɖe viɖe madzɔmadzɔ kpɔkpɔ ŋuti, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi;+

      Tso nyagblɔɖilawo dzi va ɖo nunɔlawo dzi, wo katã wotafaa ame.+

      14 Wole nye dukɔ la ƒe gbagbãƒe* ɖɔm ɖo ɖewoɖewoe le gbɔgblɔm be,

      ‘Ŋutifafa li! Ŋutifafa li!’

      Evɔ ŋutifafa aɖeke meli hafi o.+

  • Yeremiya 14:13
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 Eye megblɔ be: “Oo, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miele yi aɖeke kpɔ ge o, eye dɔwuame mava mia dzi o, ke boŋ ŋutifafa vavãtɔe mana mi le teƒe sia.’”+

  • Yeremiya 23:16, 17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi:

      “Migaɖo to nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi na mi la ƒe nyawo o.+

      Wole mia flum.*

      Woawo ŋutɔwo ƒe dzimeŋutega gblɔm wole,+

      Menye Yehowa ƒe nu me wòtso o.+

      17 Wole gbɔgblɔm edziedzi na ame siwo medea bubu ŋunye o la be:

      ‘Yehowa be: “Mianɔ ŋutifafa me.”’+

      Eye wole gbɔgblɔm na ame siwo katã le zɔzɔm le woƒe dzimesesẽ nu la be:

      ‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi o.’+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe