-
Ezekiel 25:15, 16Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
15 “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Le fuléle kaɖikaɖi si le Filistitɔwo me tso blema ke ta la, woɖo tame vɔ̃ be yewoabia hlɔ̃ ahagblẽ nu.+ 16 Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mado nye asi ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu,+ maɖe Keretitɔwo ɖa,+ eye matsrɔ̃ ƒuta nɔlawo ƒe susɔea.+
-
-
Zefaniya 2:4Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
4 Elabena Gaza azu du si me ame aɖeke manɔ o;
Eye Askelon azu aƒedo.
Woanya Asdod le ŋdɔkutsu dzatsɛ,
Eye woaho Ekron kple ke.
-
-
Zakariya 9:5, 6Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe;
Ŋɔdzi alé Gaza hã vevie,
Eye aleae wòanɔ na Ekron hã, elabena eƒe ŋuɖoɖeŋua azu ŋukpe nɛ.
Fia atsrɔ̃ le Gaza,
Eye ame maganɔ Askelon o.+
-