-
Ezekiel 21:19, 20Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
19 “Amegbetɔvi, de dzesi mɔ eve siwo dzi Babilon-fia ƒe yi la ato ava. Mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka dzi, eye nàtu mɔfiati* ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du eveawo me. 20 De dzesi mɔ ɖeka na yi la be wòato ayi ɖe Amonitɔwo ƒe du Raba+ ŋu, eye bubu nayi ɖe Yerusalem+ si ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo le Yuda la ŋu.
-