INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 28:53-57
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 53 Ekema àɖu wò ŋutɔ viwòwo,* viwòŋutsu kple viwònyɔnu+ siwo Yehowa wò Mawu na wò la ƒe lã, le esi woamimi wò ɖo vevie kpakple xaxa si gbegbe wò futɔ ahe ava dziwò la ta.

      54 “Ŋutsu si ɖɔa ŋu ɖo le eɖokui ŋu eye wònɔa dzidzemegbe le dowòme la kekeake gɔ̃ hã makpɔ nublanui na nɔviaŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a, alo viaŋutsu siwo susɔ la o, 55 eye mana viaŋutsu siwo wòaɖu la ƒe lã wo dometɔ aɖeke o, elabena naneke megale esi o le ale si womimi wò ɖo vevie, kpakple xaxa si gbegbe wò futɔ he va wò duwo dzi la ta.+ 56 Eye nyɔnu si ɖɔa ŋu ɖo le eɖokui ŋu eye wònɔa dzidzemegbe le dowòme, si mete kpɔ be yeatsɔ afɔƒome ka anyigba o le esi melɔ̃a nu o+ ta la, gɔ̃ hã makpɔ nublanui na srɔ̃a lɔlɔ̃a alo viaŋutsu alo vianyɔnu o, 57 eye madi be yeana amenɔ si do tso eya ŋutɔ ƒe atame kple via siwo wòdzi la ƒe lã aɖeke wo o. Aɖu wo le adzame le hiã si tui le nuwo katã me, le ale si womimi wò ɖo vevie, kpakple xaxa si gbegbe wò futɔ he va wò duwo me la ta.

  • 2 Fiawo 25:3-7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekelia dzi la, dɔwuamea nu sẽ+ le dua me, eye nuɖuɖu aɖeke meli na dua me tɔwo o.+ 4 Woŋɔ dua ƒe gli,+ eye le zã me la, aʋawɔlawo katã to agbo si le gli eve dome le fia ƒe abɔ xa ƒe mɔ hesi dzo, esime Kaldeatɔwo ƒo xlã dua; eye fia la to mɔ si ɖo ta Araba.*+ 5 Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔa ti fia la yome heva tui le Yeriko tagba, eye eƒe aʋakɔ bliboa ka le eŋu. 6 Wolé fia la+ hekplɔe va Babilon-fia gbɔ le Ribla, ne woadrɔ̃ ʋɔnui. 7 Wowu Zedekiya viwo le eŋkume, eye Nebukadnezar gbã ŋku na Zedekiya; emegbe wòde akɔblikunyowui hekplɔe yi Babilon.+

  • Yesaya 3:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Elabena kpɔ ɖa, Aƒetɔ vavã, aʋakɔwo ƒe Yehowa,

      Le ziɔɖeŋu kple kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe ɖem ɖa le Yerusalem kple Yuda,

      Aɖe abolo kple tsi siwo katã léa wo ɖe te,+

  • Ezekiel 4:16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 Eye wògagblɔ nam be: “Amegbetɔvi, kpɔ ɖa, mele nuɖuɖudaɖoƒeawo ɖem ɖa* le Yerusalem,+ woada abolo hafi aɖu le dzimaɖeɖi gã aɖe me,+ eye woadzidze tsi hafi ano le ŋɔdzi me.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe