INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yosua 23:6, 7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 6 “Azɔ ele be mialé dzi ɖe ƒo vevie, ne mialé nu siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽa+ me la me ɖe asi ahawɔ wo dzi, ne miagadze le eŋu ɖe ɖusime alo miame+ 7 ahade ha kple dukɔ siawo,+ siwo kpɔtɔ le mia dome la gbeɖe o. Migayɔ woƒe mawuwo ŋkɔ+ alo atsɔ wo aka atam gɔ̃ hã o, eye migasubɔ wo alo ade ta agu na wo gbeɖe o.+

  • Yeremiya 2:11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Ðe dukɔ aɖe tsɔ eƒe mawuwo ɖɔli nu siwo menye mawu o kpɔa?

      Ke nye dukɔ ya tsɔ nye ŋutikɔkɔe ɖɔli nu si ŋu viɖe aɖeke mele o.+

  • Yeremiya 12:16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 “Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔ hetsɔ nye ŋkɔ ka atam be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe!’ abe ale si ko woawo hã fia nye dukɔ tsã be woatsɔ Baal aka atam ene la, ekema woaɖo wo te ɖe nye dukɔ la dome.

  • Zefaniya 1:4, 5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  4 “Mado nye asi ɖa ɖe Yuda

      Kple Yerusalem nɔlawo katã ŋu,

      Eye maɖe nu siwo susɔ na Baal la dometɔ ɖe sia ɖe ɖa,+

      Matutu dutamawuwo ƒe nunɔlawo ŋkɔ ɖa, eye matsrɔ̃ alakpanunɔlawo le teƒe sia;+

       5 Matsrɔ̃ ame siwo dea ta agu na dziƒonuwo* le xɔwo tame,+

      Kple ame siwo dea ta agu hekaa atam na Yehowa,+

      Gake wogakaa atam na Malkam hã;+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe