-
2 Fiawo 25:27-30Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 Le aboyoɖeɖe Yuda-fia Yehoyakin+ ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ adrelia me, le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve vɔ adrelia dzi la, Babilon-fia Evil-Merodak ɖe Yuda-fia Yehoyakin le gaxɔ me,* le ƒe si me wòzu fia.+ 28 Eƒo nu kplii tufafatɔe, eye wòɖoe ɖoƒe kɔkɔ* wu fia bubu siwo katã le Babilon kplii. 29 Yehoyakin ɖe eƒe gaxɔmewuwo ɖi; eye wòɖua nu le fia la gbɔ ɣesiaɣi le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 30 Eye fia la naa nuɖuɖu si wòhiã gbe sia gbe lae le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
-