Yeremiya 1:10 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 10 Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu egbe sia, ne nàho nu ahamu nu, nàtsrɔ̃ nu ahagbã nu, eye nàɖo nu te ahaƒã nu.”+ Yeremiya 30:18 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 18 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maƒo Yakob ƒe agbadɔwo me aboyomeawo nu ƒu,+Eye makpɔ nublanui na eƒe avɔgbadɔwo. Woagbugbɔ du la atso ɖe eƒe kpo dzi,+Eye mɔ́ sesẽ la anɔ teƒe si wòle be wòanɔ. Yeremiya 32:41 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 41 Makpɔ dzidzɔ le nyuiwɔwɔ na wo ŋu,+ eye mali ke wo ɖe anyigba sia dzi,+ tso nye dzi blibo kple nye luʋɔ* blibo me.’”
10 Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu egbe sia, ne nàho nu ahamu nu, nàtsrɔ̃ nu ahagbã nu, eye nàɖo nu te ahaƒã nu.”+
18 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maƒo Yakob ƒe agbadɔwo me aboyomeawo nu ƒu,+Eye makpɔ nublanui na eƒe avɔgbadɔwo. Woagbugbɔ du la atso ɖe eƒe kpo dzi,+Eye mɔ́ sesẽ la anɔ teƒe si wòle be wòanɔ.
41 Makpɔ dzidzɔ le nyuiwɔwɔ na wo ŋu,+ eye mali ke wo ɖe anyigba sia dzi,+ tso nye dzi blibo kple nye luʋɔ* blibo me.’”