2 Fiawo 24:12 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 12 Yuda-fia Yehoyakin do yi Babilon-fia+ gbɔ, eya kple dadaa kple eƒe dɔlawo kple eƒe amegãwo kpakple fiaŋumewo;+ ale Babilon-fia lé Yehoyakin le Babilon-fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.+ 2 Fiawo 24:14 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 14 Eɖe aboyo Yerusalem blibo la katã kple amegãwo+ katã kpakple kalẽtɔ sesẽwo katã hekpe ɖe aɖaŋudɔwɔlawo kple gbedewo*+ katã ŋu, aboyomeawo le ame akpe ewo. Womegblẽ ame aɖeke ɖi o, negbe ame siwo da ahe ŋutɔŋutɔ la ko.+ Yeremiya 24:1 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 24 Esi Babilon-fia Nebukadnezar* ɖe aboyo Yuda-fia Yekoniya,*+ si nye Yehoyakim+ vi kple Yuda-megãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kpakple gbedewo* tso Yerusalem yi Babilon megbe la, Yehowa na mekpɔ gbotsetse kusi eve siwo wotsɔ da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋgɔ.+
12 Yuda-fia Yehoyakin do yi Babilon-fia+ gbɔ, eya kple dadaa kple eƒe dɔlawo kple eƒe amegãwo kpakple fiaŋumewo;+ ale Babilon-fia lé Yehoyakin le Babilon-fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.+
14 Eɖe aboyo Yerusalem blibo la katã kple amegãwo+ katã kpakple kalẽtɔ sesẽwo katã hekpe ɖe aɖaŋudɔwɔlawo kple gbedewo*+ katã ŋu, aboyomeawo le ame akpe ewo. Womegblẽ ame aɖeke ɖi o, negbe ame siwo da ahe ŋutɔŋutɔ la ko.+
24 Esi Babilon-fia Nebukadnezar* ɖe aboyo Yuda-fia Yekoniya,*+ si nye Yehoyakim+ vi kple Yuda-megãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kpakple gbedewo* tso Yerusalem yi Babilon megbe la, Yehowa na mekpɔ gbotsetse kusi eve siwo wotsɔ da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋgɔ.+