INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ezra 2:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 Babilon dziɖuƒea me tɔ siwo gbɔ tso aboyo me,+ ame siwo Babilon-fia Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilon+ eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem kple Yuda, eye ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe du me la woe nye esi,+

  • Yeremiya 29:14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Mana miake ɖe ŋunye,’+ Yehowa ye gblɔe. ‘Maƒo miaƒe aboyomewo nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã meka mi hlẽ ɖo la,’+ Yehowa ye gblɔe. ‘Eye makplɔ mi ava teƒe si mena woɖe aboyo mi tsoe la.’+

  • Yeremiya 32:44
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 44 “‘Woatsɔ ga aƒle agblewo, eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, woatre wo nu, eye woaɖe ɖasefowo le Benyamin-nyigba dzi,+ le Yerusalem nutowo me,+ le Yuda duwo me, le tonuto la ƒe duwo me, le balimeduwo me+ kple anyieheduwo me, elabena makplɔ woƒe aboyomewo agbɔe,’+ Yehowa ye gblɔe.”

  • Ezekiel 20:42
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 42 “‘Eye miadze sii be, nyee nye Yehowa+ ne mekplɔ mi va Israel-nyigba,+ anyigba si meka atam be matsɔ ana mia tɔgbuiwo la dzi.

  • Amos 9:14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Maƒo nye dukɔ Israel ƒe aboyomewo nu ƒu akplɔ wo agbɔe,+

      Eye woagbugbɔ du siwo zu aƒedo la atso ahanɔ wo me,+

      Woade waingblewo ano wo me wain,+

      Eye woatso abɔwo aɖu wo me kutsetsewo.’+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe