INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 3 Mose 26:33
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 33 Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome,+ eye maɖe yi le aku me akplɔ mi ɖo.+ Miaƒe anyigba aɖi gbɔlo,+ eye miaƒe duwo azu glikpo.

  • 2 Fiawo 24:14, 15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Eɖe aboyo Yerusalem blibo la katã kple amegãwo+ katã kpakple kalẽtɔ sesẽwo katã hekpe ɖe aɖaŋudɔwɔlawo kple gbedewo*+ katã ŋu, aboyomeawo le ame akpe ewo. Womegblẽ ame aɖeke ɖi o, negbe ame siwo da ahe ŋutɔŋutɔ la ko.+ 15 Ale wòɖe aboyo Yehoyakin+ yi Babilon;+ eye wòɖe aboyo fia dada kple fia srɔ̃wo kple fiaŋumewo kpakple dukɔ la ƒe ame ŋkutawo tso Yerusalem yi Babilon.

  • 2 Fiawo 25:21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 Eye Babilon-fia wu wo le Ribla le Hamat-nyigba+ dzi. Ale woɖe aboyo Yuda tso eƒe anyigba dzi.+

  • Yeremiya 39:9
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Ke fiaŋudzɔlawo ƒe amegã Nebuzaradan+ ɖe aboyo dukɔ la me tɔ susɔe siwo kpɔtɔ ɖe dua me kple ame siwo na ta heva egbɔ kpakple ame mamlɛawo katã yi Babilon.

  • Yeremiya 52:27
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 27 Eye Babilon-fia wu wo le Ribla+ le Hamat-nyigba dzi. Ale woɖe aboyo Yuda tso eƒe anyigba dzi.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe