INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yesaya 32:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 32 Kpɔ ɖa! Fia+ aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me;+

      Eye amegãwo aɖu dzi hena ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃.

  • Yesaya 60:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe,

      Eye mahe klosalo vɛ ɖe gayibɔ teƒe,

      Akɔbli ɖe ati teƒe

      Kple gayibɔ ɖe kpewo teƒe;

      Maɖo ŋutifafa dzikpɔlae na wò,

      Eye matsɔ dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔdzikpɔlae.+

  • Yeremiya 22:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 ‘Ke wò ŋkuwo kple wò dzi le viɖe madzɔmadzɔ kpɔkpɔ,

      Ame maɖifɔ ƒe ʋu kɔkɔɖi,

      Ametafatafa kple sesẽnuxɔxɔ ko ŋu.’

  • Yeremiya 23:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Yehowa be: “Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna, esime mana atilɔ*+ dzɔdzɔe aɖe nadze na David. Aɖu fia,+ eye wòaɖe gɔmesese deto afia, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ahawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba la dzi.+

  • Ezekiel 22:27
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 27 Amegã siwo le eme la le abe amegãxi siwo vuvua nu si wolé la ene; wokɔa ʋu ɖi, eye wowua amewo* ɖe viɖe madzɔmadzɔ ta.+

  • Ezekiel 46:18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Amegã la nagaxɔ amewo ƒe domenyinu aɖeke le wo si ahanya wo ɖa le woƒe domenyinu gbɔ o. Eya ŋutɔ ƒe nunɔamesi ƒe ɖee wòatsɔ ana viawo be wòazu woƒe domenyinu, ne woaganya nye dukɔ la me tɔ aɖeke ɖa le eƒe nunɔamesi gbɔ o.’”

  • Mika 3:1-3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Megblɔ be: “Mi Yakob ƒe tatɔwo,

      Kple mi Israel ƒe aƒe ƒe kplɔlawo, meɖe kuku, misee.+

      Menye miawoe wòle be mianya nu si le dzɔdzɔe oa?

       2 Ke mieléa fu nyui,+ eye mielɔ̃a vɔ̃;+

      Mievuvua ayi le amewo ŋuti, eye miefloa lã le woƒe ƒuwo ŋu.+

       3 Mieɖua nye dukɔ ƒe lã hã,+

      Mievuvua ayi le wo ŋuti,

      Miegbãa woƒe ƒuwo nyanyanya,+

      Abe nu si woɖa le ze* me ene, abe lãkɔ le nuɖaze me ene.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe