-
Daniel 3:26, 27Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
26 Eye Nebukadnezar te ɖe kpodzo bibi la ŋu, eye wògblɔ be: “Sadrak, Mesak kple Abednego, mi Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe subɔlawo,+ mido va afii!” Ale Sadrak, Mesak kple Abednego do le dzoa me. 27 Eye nuto gã dziɖulawo, nuto sue dziɖulawo, nutodziɖulawo kple fiaŋumegã siwo ƒo ƒu ɖe afi ma+ la lé ŋku ɖe ŋutsu siawo ŋu hekpɔ be dzoa mewɔ naneke ŋuti na wo o,+ eye be woƒe taɖa ɖeka hɔ̃ hã mefiã o, naneke mewɔ woƒe awuwo o, eye dzo meʋẽ le wo ŋu hã o.
-